Matthew 27:32-44

Woklã Yesu ɖe ati ŋuti

(Marko 15:21-32; Luka 23:26-43; Yohanes 19:17-27)

32Esi woyina eklã ge ɖe atitsoga ŋuti la, wodo go ŋutsu aɖe si tso Kirene, le Afrika, eŋkɔe nye Simɔn, eye wozi edzi be wòatsɔ atitsoga la akpe Yesu. 33Ale wova ɖo teƒe si woyɔna be Golagata, si gɔme nye “Ametakoli Togbɛ.” 34Asrafoawo tsɔ wain si me wode atikee la nɛ be wòano gake esi wòɖɔe kpɔ la, egbe enono. 35Esi woklãe ɖe atitsoga ŋuti vɔ la, asrafoawo da akɔ ɖe eƒe awuwo dzi be woazu ame si ɖu dzi la tɔ. 36Le esia megbe la, wobɔbɔ nɔ anyi ɖe afi ma henɔ eŋu dzɔm. 37Woŋlɔ nu klã ɖe eƒe atitsoga la tame be, “Ame sia nye Yesu, Yudatɔwo ƒe fia la.”

38Ŋdi ma ke la, woklã adzodala eve hã ɖe ati ŋu le axawo kple eve dzi. 39Ame siwo to teƒea va yina la dzui hegblɔ nya vlo geɖewo ɖe eŋuti. Woʋuʋua ta fewuɖutɔe be, 40“Ke alee wòle! Àte ŋu agbã gbedoxɔ la, agbugbɔ atui le ŋkeke atɔ̃ megbe. Mate ŋui oa? Ne àte ŋui eye nenye Mawu Vi tututu la, ɖe ɖokuiwò le atia ŋuti!”

41Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumemegã bubu siwo le afi ma la ɖu fewu le eŋu be, 42“Eɖe ame bubuwo gake mate ŋu aɖe eɖokui o! Ke wò boŋue nye Yudatɔwo ƒe fia laa? Nenye wòe la, ɖi le atitsoga la ŋuti, ekema míaxɔ dziwò ase. 43Ebe yexɔ Mawu dzi se; Mawu neɖo kpe eƒe xɔse la dzi ne wòaɖee le atia ŋuti. Alo menye eyae gblɔ be, ‘Mawu vi menye,’ oa?”

44Nenema ke adzodala siwo woklã ɖe ati ŋuti kpe ɖe eŋuti la hã dzui heɖe alɔme le eŋuti.

Copyright information for EweBEE